Acts 9

Saul ƒe dzimetɔtrɔ

1Saul gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsa eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo heganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ xɔsetɔ ɖe sia ɖe. Le esia ta eyi Osɔfogã la gbɔ 2be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye ale be ne yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siawo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo eye yeakplɔ wo va Yerusalem. 3Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo. 4Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saul, Saul, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?”

5Saul bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom?” Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nye, Yesu, ame si yome tim nèle lae. 6Azɔ tsi tre eye nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, magblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”

7Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saul ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o. 8Saul wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba gake nukutɔe la megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko. 9Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.

10Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣemaɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be, “Anania.”

Etɔ eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”

11Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒeme. Ne èkpɔe la, bia ŋustua aɖe si woyɔna be Saul tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie 12elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, àda asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”

13Anania gblɔ kple vɔvɔ̃ɣli be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saul sia wɔ xɔsetɔwo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe! 14Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso Osɔfogãwo gbɔ le Yerusalem be yeava lé xɔsetɔ siwo katã le Damasko le afii eye yeakplɔ wo ayi Yerusalem.”

15Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Ananaia be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi. Elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam eye wòagblɔ nye nya na trɔ̃subɔladukɔwo, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã. 16Eye nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”

17Anania tso heyi Saul gbɔ eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saul, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò eye tso esia dzi la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”

18Enumake ewɔ abe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsita nɛ enumake.

Saul gblɔ mawunya le Damasko

19Ŋusẽ gaɖo eya amea ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saul nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo. 20Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo me le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu Vi la.

21Ame siwo katã se Saul ƒe mawunya la ƒe nu ku ale gbegbe be wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe Yesu yomedzelawo le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afii be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na Osɔfowo le Yerusalem!”

22Saul yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ ale gbegbe be, Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtee be Yesue nye Kristo la ŋu o.

23Le ŋkeke aɖewo megbe la Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saul. 24Ke ame aɖe va fi tofĩ na Saul be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli bena ne eva yina la yewoawui. 25Eya ta gbe ɖeka zã la, Saul yomedzela aɖewo tsɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to gli si ƒo xlã dua tame va se ɖe esime wòɖo anyigba eye wòsi dzo.

Saul si yi Yerusalem

26Esi Saul va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o; elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu wo dometɔ ɖeka. 27Ke gbe ɖeka la, Barnaba kplɔ Saul va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo le ale si Saul kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saul gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo. 28Esia na be apostoloawo xɔ Saul ɖe wo dome ale tso ɣemaɣi dzi la enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ me. 29Ke eva va eme be Helatɔ trɔ zu Yudatɔ aɖewo, ame siwo Saul he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui. 30Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saul ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaisarea eye tso afi ma la woɖoe ɖe wo de, Tarso.

31Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hamea ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã. Xɔsetɔwo srɔ̃ ale si woanɔ agbee le mawuvɔvɔ̃ me eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.

Petro da gbe le Aenea ŋuti

32Petro nɔ tsatsam le xɔsetɔwo dzi tso teƒe yi teƒe eye wòva ɖo Lida. 33Teƒe sia wokpɔ ŋutsu aɖe le ame si woyɔna be Aenea, ame si nɔ lãmetutudɔ lém eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ.

34Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aenea, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tre eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsua ƒe lãme sẽ enumake. 35Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron dze Aƒetɔ la yome elabena wokpɔ Aenea wònɔ zɔzɔm.

Petro fɔ Tabita tso ku me

36Nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita si gɔmee nye Dɔkas. Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo. 37Le ɣeyiɣi sia me tututu la nyɔnu sia dze dɔ eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi. 38Ke esi nyɔnua xɔlɔ̃wo se Petro ŋkɔ le Lida la woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ. 39Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo tete ko la, wokplɔe yi xɔ si me wotsɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũ kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbeme. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia. 40Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ bena, “Nɔvi Dɔkas, tsi tre!” Enumake ame kukua ʋu ŋku eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ abatia dzi. 41Petro lé eƒe alɔnu eye wòtsi tre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa mee eye wòtsɔ Dɔkas de asi na wo.

42Nukunya sia kaka ɖe du bliboa me abe gbe ƒuƒu si wotɔ dzoe la ƒe bibi ene, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔa dzi se. 43Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke geɖe eye wònɔ Simɔn si nye Lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒeme.

Copyright information for EweBEE